Luke 4:16-30

Nugbegbe le Yesu ŋu le Nazaret

(Mateo 13:53-58; Marko 6:1-6)

16Eva Nazaret, afi si wònɔ le eƒe ɖevime eye wòyi woƒe ƒuƒoƒe le Sabat ŋkekea dzi. Esi wòtso be yeaxlẽ mawunya la, 17wotsɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ be wòaxlẽ. Eʋʋ teƒe si woŋlɔ ɖo be,

18“Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye eya ta wosi ami nam ɖo edɔm ɖa bena magblɔ nyanyui la na ame dahewo, edɔm ɖa bena maɖe gbeƒẽ be woaɖe ga aboyomenɔlawo eye ŋkunɔwo ƒe ŋkuwo aʋu. Ame siwo wote ɖe anyi la, ado le wo teɖanyilawo si me, 19eye maɖe gbeƒã Aƒetɔ la ƒe ƒe nyui la.”

20Esi wòxlẽ nya siawo vɔ la, etu agbalẽa tsɔe na ame si tsɔe nɛ la eye eya ŋutɔ yi ɖanɔ anyi. Ke ame siwo katã nɔ ƒuƒoƒea la fɔ ŋku ɖe edzi gãa. 21Yesu gagblɔ na ameawo be, “Mawunya sia va eme le egbe ŋkeke sia dzi.”

22Ame siwo katã nɔ xɔa me la kafui eye woƒe mo wɔ yaa le mawunya deto siwo wògblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Nya kae nye sia? Alo menye Yosef vie oa?”

23Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖewohĩ miaɖo ŋku lododo sia adzi be, ‘Gbedala, da gbe le wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu’ esi gɔmee nye be, ‘Nu ka ta mewɔ nukunuwo le wò ŋutɔ wò dedu me abe ale si nèwɔe le Kapernaum ene o?’ 24Magblɔ na mi kple kakaɖedzi blibo be, bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me o.

25“Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be ahosi geɖewo nɔ Israel le Eliya ŋɔli, esi wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple afã eye dɔwuame sesẽ aɖe va anyigba blibo la dzi. 26Gake womeɖo Eliya ɖe wo dometɔ aɖeke gbɔ o, ke boŋ woɖoe ɖe ahosi aɖe si tso Zarefat le Sidon nuto me la gbɔ. 27Mibu nyagblɔɖila Elisa ame si da gbe le Naaman si nye Siriatɔ la ŋu kpɔ. Togbɔ be kpodɔléla geɖewo hã nɔ Israel siwo hiã gbedada vevie hã, Elisa meda gbe le woawo ŋu o, negbe Naaman Siriatɔ la ko.”

28Yesu ƒe nya siawo ve dɔme na ameawo ŋutɔ. 29Woƒe dziwo ho ɖe eŋu ale wotso hetutu asi ʋume nɛ do goe le xɔa me. Wokplɔe yi togbɛ si dzi wotu dua ɖo la ƒe kɔkɔeƒe be yewoatutui tso teƒe sia wòayi aɖadze aga me. 30Gake ezɔ to amehawo dome kɔ̃ɔ hedzo le wo gbɔ.

Copyright information for EweBEE